Hepatitis A
Hepatitis A (si woyɔna tsa be infectious hepatitis) nye dɔlekui si nu se na akla tsona hepatitis A virus gbɔ (HAV).[1] Dɔa lele geɖe mefia dzesi boo aɖeke o vevietɔ le amesiwo metsi o la me.[2] Ɣeyiɣi tso dɔa ƒe gɔmedzedze yi eƒe dzesiwo gbɔ le ame siwo lenɛ me la le abe kɔsiɖa eve yi ade.[3] Ne dzesiwo dze la wonɔa anyi zi geɖe abe kɔsiɖa enyi esiwo nye: trutsɔame, trutru, afɔdzidedɔ, ŋutigbale ƒe fufuu, fever kple aŋɔmeɖuame.[2] Ame geɖewo abe 10–15% gakpɔa dzesiwo ƒe vava le dzinu ade tso dɔa lele zi gbatɔ megbe.[2] Akla ƒe gbegble kpata teaŋu dzɔna ɣeaɖewoyi vevietɔ le ametsitsiwo me.[2] Emama toa nu ɖuɖu alo tsi nono siwo me dɔlekui mi le.[2] Gomekpa si womeɖa nyuie o la etsoƒe bɔbɔtɔ wu.[4] Woateŋu amae to kadodo kplokpui kple amesi lee la me.[2] Togbɔbe dzesi aɖeke me dzea le ɖeviwo ŋu edziedzi ne woxɔ dɔ sia hã la woateŋu aɖee na amebubuwo.[2] Ne elee zi ɖeka ko magalee le wo agbeme o.[5] Dɔlekuia kpɔkpɔ hia ʋu dodo kpɔ elebena eƒe dzesiwo sɔ kple dɔlele bubuwo.[2] Enye hepatitis virus atɔ siwo wonya: A, B, C, D, kple E. hepatitis A ƒe vaccine la nye mɔxenu nyui.[2][6] Dukɔ aɖewo ɖoe anyi na ɖeviwo kple ame siwo axɔe bɔbɔe siwo medo abui o.[2][7] Edze abe awɔ dɔ le agbe ŋkekewo katã me.[2] Mɔxenu bubu aɖewoe nye asi kɔklɔ kple nu ɖaɖa nyuie.[2] Dɔdada mɔnu tɔxe aɖeke meli o, gbɔɖeme kple atike nono na trutsɔame alo afɔdzidede nyo le ɣeyiɣi si wohia la me.[2] Dɔlelea katã nu tsona zi geɖe ne akladɔ meli o.[2] Akladɔ sesẽ dada ne wodzɔ la toa akla bubu dede me.[2] Le xexeame godoo la abe milion 1.5 ƒe dɔlelea ƒe dzesi dzena ƒe sia ƒe[2] eye million akpewo nye dɔa lelawo le wo katã me.[8] Ebɔ wu le xexeame ƒe akpa siwo medza o eye tsinono nyui hã mesu amewo o.[7] Le dukɔ siwo mede ŋugɔ o wome la ɖeviwo si de 90% la le dɔa hafi xɔna ƒe 10 eyata womegalene le tsitsi me o.[7] Edzɔna kpata le dukɔ siwo de ŋgɔ vie la me ne ɖeviwo melee hafi tsi o eye abidodo godoo hã mebɔ o.[7] Le 2010 me la, hepatitis A sesẽ ƒe dodo zu ame 102,000 ku.[9] Xexeame godoo ƒe Hepatisis Ŋukeke vana ƒe sia ƒe le July ƒe ŋkeke 28 dzi be woahe nufiamenyawo tso 'viral' hepatitis ŋu.[7] Referensiwo
Information related to Hepatitis A |
Portal di Ensiklopedia Dunia